Joshua 12:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Sixon. Eyae nye Amoritɔwo ƒe fia. Enɔ Xesbon. Eƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ le Arnon-tɔʋu nu to tɔʋu la ƒe go ɖeka dzi, hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme va se ɖe Yabok-tɔʋu si nye Amonviwo ƒe liƒo la nu.