Joshua 12:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosua kple Israelviwo ɖu fia siwo katã le anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi. Anyigba la tso Baal-Gad le Lebanon-bali me va se ɖe Xalak-to si le anyigbeme le Seir gbɔ la dzi. Yosua tsɔ anyigba la na Israel-toawo, eye wòmae ɖe toawo nu, to ɖe sia ɖe kple etɔ.