Joshua 13:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosua tsi eye wòxɔ ƒè geɖee. Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Fifia la ètsi, eye nèxɔ ƒè geɖee, evɔ la anyigba gasusɔ fũu si wòle be woaxɔ.