Joshua 13:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
tagba duwo katã kple Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si ɖu fia le Xesbon ƒe fiaɖuƒe blibo la; Mose ɖu dzi hekpe ɖe Midian amegãwo ŋu, siwo nye: Ewi, Rekem, Zur, Xur kple Reba, amesiwo nye Sixon ƒe amegãwo, siwo nɔ anyigba la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigba la gatsɔ du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi kple Amoritɔwo ƒe fia Sixon, ame si ɖu dzi le Xesbon la ƒe fiaɖuƒe ɖe eme. Fia atɔ̃ aɖewo, siwo ŋkɔwo nye Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la ɖu anyigba sia ƒe akpa aɖewo dzi na fia Sixon. Gake Mose ɖu fia Sixon kple fia bubu siawo katã dzi hexɔ woƒe anyigba.