Joshua 14:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Domenyinu siwo Israelviwo xɔ le Kanaan-nyigba dzi, esiwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi kpakple Israel-toawo ƒe ƒomemetsitsiwo ma na wo la woe nye esi: