Joshua 14:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsã la, woyɔa Xebron be Arba ƒe du. Arba nye ame si xɔ ŋkɔ wu le Anakimtɔwo dome. Tete anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.