Joshua 14:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ɖeka la, Yuda vi aɖewo tso Yuda-to la me va Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la hã le wo dome. Eya gblɔ na Yosua be: “Ènya nya si Aƒetɔ gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le nye kpli wò ŋuti le Kades-Barnea.