Joshua 17:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Du, siwo nye Manase tɔ, le Isaxar kple Aser gbɔ, wonye: Bet-Sean kple eƒe duwo, Yibleam kple eƒe duwo hekpe ɖe Dortɔwo kple woƒe duwo ŋu; En-Dortɔwo kple woƒe duwo, Tanaxtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo, woawo nye togbɛ etɔ̃awo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Isaxar kple Aser nyigbawo dzi la, du aɖewo kple wo ŋu duwo li siwo nye Manase tɔ. Woawoe nye Bet-Sean, Yibleam, Dor, esi le ƒugo ŋu, En-Dor, Tanax, Megido kple du siwo ƒo xlã wo.