Joshua 17:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Tonyigba la made mía nu o. Gawu la, gatasiaɖamwo le Kanaanitɔ siwo katã le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel-bali me la, si.”