Joshua 17:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Manase-vi mamleawo xɔ wo tɔ le woƒe ƒomeawo nu, woawo nye: Abiezer-viwo, Xelek-viwo, Asriel-viwo, Sexem-viwo, Xefer-viwo kple Semida-viwo, esiawo nye Yosef vi Manase ƒe viŋutsuwo le woƒe ƒomeawo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Manase vi mamlɛawo viwo xɔ woƒe anyigba le Yordan- tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome le woƒe ƒomeawo nu. Woawoe nye: Abiezer, Xelek, Asriel, Sixem, Xefer kple Semida. Ame siawoe nye ƒomemetsitsiwo na Yosef vi Manase viŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo.