Joshua 17:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Zelofxad, amesi nye Xefer vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Maxir vi, amesi nye Manase vi la, medzi ŋutsuvia ɖeke o, negbe nyɔnuviwo ko, eye vianyɔnuawo ƒe ŋkɔwo nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Zelofxad, ame si nye Xefer viŋutsu, ame si nye Gilead viŋutsu, ame si nye Maxir viŋutsu, ame si nye Manase viŋutsu la, medzi viŋutsuvi aɖeke o, negbe nyɔnuwo ko. Via nyɔnuawoe nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.