Joshua 17:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo ŋku me gblɔ bena: Yehowa de se na Mose be, wòana anyigba mi ɖe mia nɔviwo dome. Tete wona anyigba wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be: “Aƒetɔ di tso Mose si be wòana anyigba míawo hã abe míaƒe ƒomea me ŋutsuwo ene.” Ale Yosua na anyigba wo ɖe wo tɔ́ nɔvi ŋutsuwo dome, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.