Joshua 17:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Manase ƒe liƒo tso Aser va to Mixmetat le Sixem kasa, eye wòzɔ En-Tapuaxtɔwo ŋu le ɖusi me gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Manase ƒe liƒo la tso Aser va to Mixmetat le Sixem ƒe ɣedzeƒe gome. Eto anyigbeme eye wòtsɔ En-Tapuaxtɔwo ɖe eme.