Joshua 17:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye liƒo la to Kana-tɔʋu la ƒe dziehe gome, ke Efrayim ƒe duwo le Manase ƒe duwo dome le afima: eye Manase ƒe liƒo to tɔʋu la ƒe anyiehe gome heva wu nu ɖe ƒu nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la liƒo la zɔ ɖo ta anyigbeme va ɖo tɔʋu si woyɔna be Kana la nu. Du siwo le tɔʋua ƒe anyigbeme la nye Efrayim tɔ, togbɔ be wole Manase ƒe anyigba me hã. Liƒo la to tɔʋu la ƒe dzigbeme heva wu nu ɖe Domeƒu nu.