Joshua 18:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene. Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zela, Elef, Yebus, si wogayɔna be Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole du wui ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Benyamin viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nue nye esi.