Joshua 18:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Lewitɔwo mexɔ gomea ɖeke ɖe mia dome o, elabena Yehowa ƒe nunɔladɔ enye woƒe domenyinu, eye Gad, Ruben kple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na wo la, ɖe Yordan godo le ɣedzeƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levitɔwo maxɔ anyigba aɖeke ɖe mia dome o, elabe woƒe gomee nye nunɔladɔ na Aƒetɔ. Azɔ la, Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la, tsɔ anyigba na Gad kple Ruben towo kpakple Manase-to afã xoxo ɖe Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome.”