Joshua 18:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo wotia la dze mɔ be woata anyigba la vɛ na Yosua ekema ate ŋu ama anyigba la na toawo to akɔdada le Yehowa ŋkume me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋutsuawo dze mɔ heyi, eye Yosua de se na amesiwo yina anyigba la de ge agbalẽ me la bena: Miyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye miŋlɔe tsɔ ve nam, ekema madzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa ŋku me le Silo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ŋutsuawo dzo yi. Hafi woadzo la, Yosua gblɔ na wo be woata anyigba la ɖe agbalẽ dzi. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la katã dzi. Mitae ɖe agbalẽ dzi eye miagbugbɔ ava. Emegbe madzidze nu ɖe edzi na mi le Silo afii le Aƒetɔ ŋkume.”