Joshua 18:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame tiatiawo wɔ abe ale si woɖo na wo ene. Woma anyigba la ɖe akpa adre me, woŋlɔ du siwo nɔ mama ɖe sia ɖe me la da ɖi, eye wotrɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale ŋutsuawo yi ɖatsa le anyigba la dzi, eye womãe ɖe akpa adre me le woƒe duwo nu heŋlɔe tsɔ vɛ na Yosua le asaɖa me le Silo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ŋutsuawo yi ɖatsa le anyigba la katã dzi. Woɖɔ ale si womae ɖe akpa adrẽ me ɖe woƒe duwo nu la ɖe agbalẽ me. Azɔ wogbugbɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo.