Joshua 2:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosua, Nun vi la, dɔ ŋutsu eve tso asaɖa si le Sitim la me le adzame ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi nyuie, eye mialé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, vevietɔ milé ŋku ɖe Yerixo-dua ŋu.” Amedɔdɔawo yi, eye woge ɖe gbolo aɖe si ŋkɔe nye Raxab la ƒeme hedze egbɔ.