Joshua 20:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃lawo nadrɔ̃ ʋɔnui, eye wòaganɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si nɔ dzi ɖum hafi nya sia dzɔ la naku. Ekema amewula la ate ŋu atrɔ ayi wo de azɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòana du ma me, vaseɖe esime woakplɔe ava ameha la ŋku me, eye woadzro nya la me; eye ne nunɔla gã, si fi ɣemaɣi ku la, ekema amewula la kpɔ mɔ agbugbɔ ayi du, si me wòsi tso kple eya ŋutɔ ƒe xɔ nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewula sia anɔ dua me va se ɖe esime woakplɔe va ameha la ŋkume, eye woadrɔ̃ ʋɔnui. Gawu la, ele be wòanɔ anyi va se ɖe esime nunɔlagã si li hafi wòva la laku. Ekema ekpɔ mɔ azɔ ate ŋu agbugbɔ ayi du si me wòsí tso va la me, eye wòaganɔ eya ŋutɔ ƒe aƒeme.’ ”