Joshua 20:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome le Yerixo ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la, wotɔ asi du siwo gbɔna la dzi: Bezer, si le gbedadaƒo kple tonyigba gbadza dzi la le Ruben-to la me, Ramot, le Gilead le Gad-to la me kple Golan, le Basan le Manase-to la me.