Joshua 20:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye ɖu, siwo woɖo na Israel-viwo katã kple amedzro, si le wo dome bena, ne amea ɖe mebua wu nɔvia o la, wòasi ayi afima, ne magaku ɖe hlɔ̃tɔ si me, hafi woahe eƒe nya ava ameha la ŋku mee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Du siawoe woɖo ɖi na Israelviwo katã kple amedzro siwo katã le wo dome la. Amewula si meɖo amewuwu hafi wu ame o la, ate ŋu así ayi du siawo dometɔ aɖe me, ale be hlɔ̃biala aɖeke nagawui o, va se ɖe esime wodrɔ̃ ʋɔnui le ameha la ŋkume.