Joshua 21:41 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lewitɔwo ƒe du, siwo katã le Israel-viwo ƒe anyigba dzi la, le du blane vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levitɔwo ƒe du siwo le Israelviwo ƒe anyigba dzi la le du bla ene vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo.