Joshua 22:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Yehowa ƒe ameha blibo la di be yeanya nu si ta miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le eyome hetu vɔsamlekpui, eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa ƒe ha blibo la gblɔ esi: Nukaŋuti mieda vo ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le Yehowa yome egbe, eye mieɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui hedze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ale ke wɔ miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, ɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui hetrɔ le eyome egbe? Nu ka ta miewɔ nuvɔ̃ɖi sia ɖe Israel Mawu la ŋu?