Joshua 22:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne miaƒe anyigba ŋu mekɔ o la, ekema miva Yehowa ƒe anyigba dzi, afisi Yehowa ƒe nɔƒe la le, ne miatso aƒe ɖe mía dome; ɖeko migaɖi vɔsamlekpuia ɖeke kpe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋuti ahadze aglã ɖe Yehowa kple mía ŋu o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ la, nenye be miaƒe anyigba la ŋu mekɔ o la, ekema mitrɔ va Aƒetɔ ƒe anyigba me le afii, afi si eƒe nɔƒe la le, ne miadi anyigba ɖe mía dome. Ke ne miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu heɖi vɔsamlekpui bubu na mia ɖokui kpe ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ ŋu la, woabu míawo hã aglãdzelawoe akpe ɖe mia ŋu.