Joshua 22:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ bena wòanye ɖase anɔ mía kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne miawo hã míatsɔ míaƒe numevɔsawo, kafukafuvɔsawo kple akpedavɔsawo ava subɔ le Yehowa ŋku me, eye ne mia viwo magava gblɔ na mia viwo gbaɖegbe bena gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzesi si anye ɖase anɔ mí kple miawo, míaƒe dzidzimevi kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ dome lae. Dzesi sia afia wo be míawo hã míesubɔa Aƒetɔ le eya ŋutɔ ŋkume kple míaƒe numemevɔsa kpakple ŋutifafavɔsa. Ne menye nenema o la, miaƒe dzidzimeviwo ava gblɔ na míaƒe dzidzimeviwo gbe aɖe gbe be: ‘Gome aɖeke mele Aƒetɔ gbɔ na mi o.’