Joshua 22:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miebu be, ne woava bia mía kple míaƒe dzidzimeviwo gbaɖegbe la, ekema miagblɔ be: Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbe sia, si mia fofowo wɔ la ɖa, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, ke boŋ ne wòanye ɖase anɔ mía kple miawo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale míebu be nenye be wova gblɔ nya sia na míawo ŋutɔ alo míaƒe dzidzimeviwo gbe aɖe gbe la, ekema míagblɔ be: ‘Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui tɔgbe tututu mía tɔgbuiwo ɖi. Mikpɔe ɖa! Menye numemevɔ alo ŋutifafavɔ sasa tae woɖii ɖo o, ke boŋ be wòanye dzesi be míawo hã Aƒetɔ tɔwo míenye.’