Joshua 22:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Vɔ̃ neto dzi! Mava susu me na mí gbeɖegbeɖe be míadze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, agbugbɔ le eyome egbe, eye míaɖi vɔsamlekpui si dzi míanɔ numemevɔ, nuɖuɖuvɔ kple ŋutifafavɔ sam le o. Mímele vɔsamlekpui bubu aɖeke ɖi ge wu Aƒetɔ, mía Mawu la tɔ, si le eƒe agbadɔ la ŋgɔ akpɔ o.”