Joshua 22:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nya la dze Israel-viwo ŋu, eye Israel-viwo kafu Mawu, eye womegadi be, yewoaho aʋa ɖe wo ŋu ahagblẽ anyigba, si dzi Ruben-viwo kple Gad-viwo le la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya si wova gblɔ la dze Israelviwo ŋu eye wokafu Mawu. Ale womegadi be yewoaho aʋa ɖe Ruben viwo kple Gad viwo ŋu ahagblẽ anyigba si dzi wole la o.