Joshua 22:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖeko mikpɔ nyuie, be miawɔ ɖoɖo kple se, siwo Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi; milɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye mizɔ eƒe mowo katã dzi, midzra eƒe seawo ɖo, miku ɖe eŋu, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mikpɔ egbɔ be yewolé ɖoɖo kple se siwo katã Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ na mi la me ɖe asi. Ebe milɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nuwo katã me, miwɔ eƒe ɖoɖowo dzi, miwɔ nuteƒe nɛ ɖaa, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.”