Joshua 22:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
be: “Migbugbɔ yi míaƒe aƒewo me kple miaƒe kesinɔnu gbogboawo, lãha gãwo, klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ kple nudodo gbogboawo, eye mima afunyinu siwo mieha le míaƒe futɔwo si la kple mia nɔviŋutsuwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ na wo bena: Mitsɔ kesinɔnu geɖewo kple lã geɖewo, klosalo kple sika, akɔbli kple gayibɔ kpakple avɔ geɖewo fũ gbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo mee, eye mia kple mia nɔviwo mimã miaƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: “Mitrɔ yi mia nɔƒewo kple kesinɔnu gbogbo siwo miekpɔ. Lãha gbogbo, klosalo, sika, akɔbli, ga yibɔ kple nudodowo, su mia si. Mima futɔawo ƒe aboyonuawo kple mia nɔviwo.”