Joshua 23:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ la, nye kuɣi ɖo. Mia dome ame sia ame kpɔe dze sii kɔtɛe le eƒe dzi kple luʋɔ me, be miaƒe asi su nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na mi la dzi, eye mete ɖeka pɛ hã mi o.