Joshua 23:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, mia Mawu la, ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanya wo da le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba, abe alesi Yehowa, mia Mawu la, do ŋugbe na mi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, mia Mawu la, ana futɔawo agbugbɔ ayi megbe le mia ŋgɔ, eye wòanyà wo ɖa keŋkeŋ. Miegale wo kpɔ ge o. Ale miaxɔ woƒe anyigba abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbe na mi ene.