Joshua 24:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metsɔ anyigba si ŋu mieku kutri le o kple du siwo mietso o, du siwo me miele fifia la na mi. Metsɔ waingblewo kple amitiwo na mi hena miaƒe nuɖuɖu togbɔ be menye miawoe de woƒe agblewo o hã.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Metso anyigba, si ŋu miedze agbagba le o la, na mi kple ɖu, siwo mietso o la, be mianɔ wo me, eye metsɔ weinbɔ kple amitibɔ, siwo mietso o la, na mi, be miaɖu wo me nuwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Metsɔ anyigba si ta miekpe fu aɖeke ɖo kpɔ o la na mi. Nenema ke metsɔ du siwo mietso o la hã na mi be mianɔ wo me. Azɔ metsɔ wainbɔ kple amitibɔ siwo mietso o la na mi be miaɖu wo me kutsetsewo.”