Joshua 3:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho be yewoatso Yordan. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.