Joshua 3:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, ke Yordan ɖɔ gbagba go le nuŋeɣi blibo la katã me —
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi aɖakatsɔlaawo va ɖo Yordan nu, eye nunɔla siwo kɔ aɖaka la ƒe afɔ nyaka tsia me ko la elabe Yordan ɖɔ gbagba le nuŋeɣi blibo la katã me,