Joshua 4:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosua gblɔ na wo bena: Miyi Yordan titina le Yehowa, mia Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye mia dome amesiame natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wògblɔ na wo be: “Midze ŋgɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe nubablaɖaka la, eye miayi ɖe Yordan-tɔsisia titina. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-toawo ƒe xexlẽme nu.