Joshua 4:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema miaɖo eŋu na wo be gbe aɖe gbe la, Yordan-tɔsisi la me ma, eye wòdzudzɔ sisí esime wokɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la le eme tom. Ale kpe siawo anye ŋkuɖodzinu na Israelviwo tegbee.”