Joshua 6:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yosua de se na dukɔ la bena: Migatso aseye o, migaɖo zi o, eye migaƒo nua ɖeke o, vaseɖe gbesigbe magblɔ na mi be, mitso aseye, hafi miatso aseye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yosua gblɔ na ameawo be: “Migado ɣli o, migana woase miaƒe gbe o, ame aɖeke megaƒo nu hã o, va se ɖe gbe si gbe maɖe gbe be mido ɣli.”