Joshua 6:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nunɔla adreawo tsɔ akɔfɛ adre dze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wole akɔfɛawo kum, ke amesiwo bla akpa la, dze wo ŋgɔ, eye ame mlɔeawo dze Yehowa ƒe aɖaka la yome, eye wole akɔfɛawo kum atraɖii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla adrẽ siwo tsɔ agbodzokpẽawo la nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ŋgɔ va yi, nɔ kpẽawo kum madzudzɔmadzudzɔe. Akpablalawo dze wo ŋgɔ, eye megbexelawo nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la yome esime kpẽawo nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe.