Joshua 6:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yosua wu eƒe nuƒoa nu la, ameawo do dzidzɔɣli, eye nunɔla kpẽkulaawo ku kpẽawo. Kaka dukɔa nase kpẽawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye bobobo. Kasia dua ƒe gliwo mu dze anyi gbloo, ame sia ame zɔ to eŋgɔ tẽe ge ɖe eme, eye woxɔ dua.