Joshua 6:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ɖekakpui, siwo nye ŋkutsalawo la, yi ɖakplɔ Raxab kple fofoa kpakple ɖada, nɔviaŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo katã kpakple nusianu, si le esi la, va Israel ƒe asaɖa godo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ŋkutsalaawo yi ɖakplɔ Raxab, tɔ́a kple nɔa, nɔvia ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔ bubuawo katã vɛ, eye wona nɔƒe wo ɖe Israel ƒe asaɖa la xa.