Joshua 7:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Israel-dukɔ la mewɔ nuteƒe na Mawu le busunu siwo wòbe ame aɖeke megatsɔ o la ƒe nya me o. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Axan la tsɔ busunuawo ƒe ɖewo ɣla na eɖokui ale be Aƒetɔ do dɔmedzoe vevie ɖe Israel-dukɔ la ŋu. Axan sia tso Zerax ƒe ƒome me le Yuda-to la me. Tɔ́a ŋkɔe nye Karmi, eye tɔgbuia ŋkɔe nye Sabdi.