Joshua 7:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu vɔ̃e Israel wɔ! Wotu nu, si mebla kpli wo la. Wotsɔ busunuawo ƒe ɖewo. Wofi wo wɔ alakpanu. Gawu la, wotsɔ busunuawo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.