Joshua 7:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsi tre, nakɔ dukɔ la ŋu, eye gblɔ na wo bena: Mikɔ mia dokui ŋu hena etsɔ! Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Israel, busu le mia dome, eyata miate ŋu anɔ te de miaƒe futɔwo nu akpɔ o, vaseɖe esime miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsi tre nàkɔ dukɔ la ŋuti! Gblɔ na wo be woakɔ wo ɖokui ŋuti hena etsɔ si gbɔna la. Elabe nya si gblɔm Aƒetɔ, Israel Mawu la, le nye esi: ‘Israel, mebe busunuawo le mia dome! Miagate ŋu anɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu azɔ o, negbe ɖe mieɖe nuawo ɖa le mia dome hafi!’