Joshua 7:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata miva etsɔ ŋdi tototo, eye to, si Yehowa alé la, nate va ƒomeƒome, eye ƒome, si Yehowa alé la, nate va aƒeaƒe, eye aƒe, si Yehowa alé la, nate va ŋutsu ɖekaɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta le ŋdi me la, miava ŋkunye me, ame sia ame nanɔ to si me wòtso la me. To si dzi matɔ asii la, nado va ŋgɔgbe, eye ame sia ame nanɔ ƒome si me wòtso la me. Ƒome si dzi matɔ asii la, nado va ŋgɔ, eye ame sia ame nanɔ aƒe si me wòtso la me. Aƒe si dzi matɔ asii la, nado va ŋkunye me, eye ŋutsuwo nado va ɖekaɖeka.