Joshua 7:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosua dɔ ŋutsu aɖewo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, du aɖe si le Betel ƒe ɣedzeƒe le Bet-Aven gbɔ eye wògblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa ŋku le anyigba la me.” Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai.