Joshua 7:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mekpɔ Sinear-tɔwo ƒe awu ʋlaya nyuia ɖe kple klosalo sekel alafa eve kpakple sikakpɔti ɖeka, si ƒe kpekpeme le sekel blaatɔ̃ la, le aboyonuawo dome, wòbiã ŋu nam, eye metsɔ wo; kpɔ ɖa, meɖi wo ɖe nye agbadɔ me, eye klosalo la le ete.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
le nu siwo míeɖe aboyoe me la, mekpɔ nanewo siwo biã ŋu nam ŋutɔ, eye metsɔ wo. Nuawoe nye Babiloniatɔwo ƒe awu ʋlaya nyui aɖe, klosalo si ƒe kpekpeme wu kilo eve kple sika si ƒe kpekpeme wu kilo afã. Meyi ɖaɖi wo ɖe nye agbadɔ me le titina; klosalo la le wo gɔme.