Joshua 7:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wofɔ kpewo li kɔ gã aɖe ɖe wo dzi. Kpekɔ la gali va se ɖe egbe. Tete Aƒetɔ ƒe dzi fa. Eya ta woyɔa teƒe ma be Axor-bali.