Joshua 7:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aitɔwo wu wo dome ame bla etɔ̃ vɔ ade. Wonyà wo ɖe nu tso dua ƒe agbo nu va se ɖe Sebarim si le afi ma lɔƒo la me ke, eye wosi wo le aga aɖe nu. Dzi ɖe le Israelviwo ƒo; vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.